Titus 3

Ale si wòle be kristotɔ nanɔ agbee

1Ɖo ŋku edzi na wò amewo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣesiaɣi. 2Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo eye woabu ame sia ame.

3Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí eye míezu kluviwo na dzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo eye woawo hã lé fu mí.

4Ke esi ɣeyiɣia de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la, 5eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me. 6Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi eye wona wosɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta, 7ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbago la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wonaa mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ. 8Esia nye nyateƒenya si wogblɔ eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.

9Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ koe wòhena vanɛ. 10Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o, 11elabena ame ma tɔgbi medaa asixɔxɔ vavãtɔ ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm eye eya ŋutɔ nya nenema.

Dzesidenya mamlɛawo

12Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Dze agbagba, ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, nàdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nate ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔlia me. 13Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zena, senyala la, kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be woana nu sia nu si woahiã la wo. 14Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nyuiwɔwɔ me ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo eye womanɔ agbe maɖevi o.

15Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã.

Copyright information for EweBEE